Luke 22:15-20

15Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu Ŋutitoto ŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme. 16Elabena medi be mianya fifi be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.”

17Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe eye ame sia ame nanoe. 18Elabena nyemagano wain akpɔ o va se ɖe esime mawufiaɖuƒela va.”

19Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã, si wotsɔ na ɖe mia ta. Miɖui ne miaɖo ŋku dzinye.”

20Esi woɖu nua vɔ la, egatsɔ wainkplu la na wo eye wògblɔ be, “Esia nye Mawu ƒe nubabla yeye si wòwɔ be yeatsɔ axɔ mi ɖe agbee la ƒe dzesi. Wotre nubabla sia nu kple ʋu si makɔ ɖi abe vɔsasa ɖe mia ta ene.
Copyright information for EweBEE